Psalmowo 47

Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã. Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli. Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi! Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te. Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob, ame si wòlɔ̃. Sela Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi. Midzi kafukafuhawo na Mawu, midzi kafukafuhawo; midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la, midzi kafukafuhawo, elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi kafukafuha nɛ. Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi. Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene, elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

订阅我们的新闻通讯

及时了解新的资料页、活动与平台更新。