Psalmowo 150

Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me. Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta. Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui. Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu. Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku. Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe. Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

订阅我们的新闻通讯

及时了解新的资料页、活动与平台更新。