Psalmowo 15

Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la? Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi? Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae. Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o, ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o, ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o, ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti, ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ, gake megbea edziwɔwɔ o, ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o. Ame si wɔa nu siawo la, naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o.

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

订阅我们的新闻通讯

及时了解新的资料页、活动与平台更新。