Psalmowo 128

Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi. Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome. Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo. Kpɔ ɖa, aleae woyraa ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae. Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze. Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

订阅我们的新闻通讯

及时了解新的资料页、活动与平台更新。