1Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, Sela 2Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome. 3O! Mawu, dukɔwo akafu wò, anyigbadzidukɔwo katã akafu wò. 4Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela 5Mawu, dukɔwo katã akafu wò; wòe dukɔwo katã akafu. 6Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí. 7Mawu ayra mí, eye anyigba ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.