Psalmowo 131

O! Yehowa, dada mele nye dzi me o, eye ŋku gã hã mele tanye o. Nyemetsɔa ɖeke le nya gãwo me loo, alo ƒoa ta ɖe nu siwo wɔ nuku nam akpa la me o, gake mena nye luʋɔ zi ɖoɖoe, heli kpoo abe ale si ɖevi si ɖi no la nɔa dadaa ƒe akɔnu ene, eye nye luʋɔ le abe ɖevi si ɖi no la ene. O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔmavɔ me ke.

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

Subscribe to our newsletter

Stay updated with new profiles, events, and platform updates.