Psalmowo 67

Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, Sela Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome. O! Mawu, dukɔwo akafu wò, anyigbadzidukɔwo katã akafu wò. Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela Mawu, dukɔwo katã akafu wò; wòe dukɔwo katã akafu. Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí. Mawu ayra mí, eye anyigba ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

Assinar nossa newsletter

Mantenha-se a par dos novos perfis, eventos e novidades da plataforma.