Psalmowo 70

O! Mawu, netsɔ nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam. Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo le nye agbe yome tim la dzi. Ame siwo le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe. Na be ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la natrɔ megbe adzo kple ŋukpe. Ke ame siwo dia wò la netso aseye; woakpɔ dzidzɔ le mewò, eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be, “Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!” Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum, eya ta va gbɔnye kaba. O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

뉴스레터 구독

새로운 프로필과 행사, 플랫폼 소식을 받아 보세요.