Psalmowo 133

Aleke wohenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me! Ele abe ami xɔasi si wokɔ ɖe ta me, eye wòtsra va kɔ ɖe ge me ene, ɛ̃, etsra kɔ ɖe Aron ƒe ge me hetsyɔ ɖe eƒe awu ƒe kɔme. Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe.

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

뉴스레터 구독

새로운 프로필과 행사, 플랫폼 소식을 받아 보세요.