1Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò, 2ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu hetsɔ wò dzi na gɔmesese, 3ne èyɔ sidzedze eye nèdo ɣli na gɔmesese, 4ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la, 5ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu 6elabena Yehowae naa nunya, eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me. 7Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, 8elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta. 9Ekema àse nu si nyo, le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme, 10elabena nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ. 11Tamebubu nyui akpɔ tawò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò. 12Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi, tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me, 13ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna le mɔ doblukɔwo dzi, 14ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na, eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu, 15ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃ eye wotrana le woƒe mɔwo dzi. 16Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me 17ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii le Mawu ŋkume la dzi o 18elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ. 19Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo alo gena ɖe agbemɔ la dzi o. 20Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi. 21Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi 22gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.