Hiob ƒe agbalẽ 25

Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be, “Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo. Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o? Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe? Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la, aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”

Biblia (eʋegbe)

copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc — CC-BY-SA-4.0 — CC-BY-SA-4.0

订阅我们的新闻通讯

及时了解新的资料页、活动与平台更新。